Dzodze (alo Februar) enye ɣleti evelia le ƒea me le Gregoria ɣletigbalẽa me. Eyae nye kpuitɔ wu le ɣletiawo katã me. Ŋkeke 28 ye le ɣletia me, gake le ƒe ene sia ene megbe la, ŋkeke 29 ye le eme.
Februar ŋkɔa tso februum le Latingbe me si gɔme enye kɔkɔ. Februar ŋkeke 15 enye gbe si wo kɔa nuwo ŋuti le Romatɔwo ƒe blema ŋɔli wo.
Ɣletiawo le ƒea me |
---|
Dzove · Dzodze · Tedoxe · Afɔfiɛ · Damɛ · Masa · Siamlɔm · Dasiamime · Anyɔnyɔ · Kele · Adeɛmekpɔxe · Dzome |